Mark 1

1Esia nye Yesu Kristo ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedze mawuvi la.

2Abe alesi woŋlɔɖi le nyagblɔdila Yesaya ƒe agbaleme ene, 3‘’kpɔɖa mele dɔla dɔm ɖe ŋugɔwo ,amesi adra wo mɔ la ɖo.‘’ Amae ɖe le ɣli dom le gbe dadaƒo, dra wo Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo.

4Esi Yohanes va la,enɔ Mawunya gblɔm na amewo le gbedadaƒo ku ɖe dzimetrɔtrɔ ŋu, hena woƒe nuvɔ ƒe tsɔtsɔke, eye wole amewo nyrɔm le tsime. 5Ke Yudea dzukɔme tɔwo kple Yerusalemviwo va egbɔ, eye wole wonyrɔm le Yordan tɔsisi la me, eye wole woƒe nuvɔwo me ƒum. 6Yohanes do awu sinye kposɔgbale,eye wo bla edzi kple lagbadze dziblanu , eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuvi kple anyitsi.

7Eɖe gbaƒa,eye wogblɔ beAmea ɖe le megbenye gbɔna si sele esi wum. Nyemedxe be mabɔbɔnɔ eƒe afɔŋu o. 8Nyela me nyrɔ mi ɖe tsime,ke eya la ava nyrɔ mi ɖe gbɔgbɔ kɔkɔkoe me.

9Evame le ɣemayime, esime Yesu tso Nazaret le Galilea,eye Yohanes nyroe ɖe Yordan tɔsisi la me. 10Ke esi Yesu do go tso tsi la me la, dziƒo nuƒu, eye gbɔgbɔ kɔkɔkoe la le ɖiɖim ɖe edzi le ahɔnɛ ƒe nɔnɔme. 11Enumake gbeɖiaɖiaɖe di tso dziƒo, gblɔbena woe nye vinye lɔlɔa, sime mekpɔ nudzedze blibo le.

12Enumake gbɔgbɔ kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo. 13Ke enɔ gbedadaƒo ŋukeke bla ene, eye Abosam va tee kpɔ le afima. Enɔ gbemelawo dome eye Mawudɔlawo va subɔe le afima.

14Esime wole Yohanes la,Yesu va Galilea eye wole gbeƒa dem Mawu ƒe nyanyui la be. 15‘’ Ɣeyiyi la tu aƒe , Mawufiaɖuƒe la gogo. Mitrɔ le miaƒe dzime hena nyanyui la ƒe xɔxɔ dzi se.‘’

16Esime wo va to Galilea ƒua ŋu yina la, ekpɔ Simon kple Andrea, Simon ƒe nɔvi ŋutsu siwo le ɖɔ dam ɖe aƒu la me, elabena wonye ɖɔdalawo. 17Ke Yesu gblɔnawo bena,‘’ mikplɔm ɖo. Mawɔ mi miazu amegbetɔɖelawo.‘’ 18Enumake wogble woƒe ɖɔkawo laɖi,eye wo dze eyome.

19Esi Yesu gale azɔlia dzi yim la, ekpɔ Yakobo Zebedeovi la kple nɔvia ŋutsuvi Yohanes, wonɔ woƒe tɔdziʋu la me hele ɖɔ dam. 20Enumake eyɔwo, eye wogble wotɔ Zebedeo kple hadɔwolawo ɖi le tɔdziʋu la me hedze Yesu yome

21Woyi ɖe kapernaum le sabbat nukeke la dzi,enumake Yesu yiɖe ƒuƒoƒe hele nufiam amewo, 22efiaŋu kple kakaɖedzi eye eƒe nufiafia wu gbɔgblɔ nawo, elabena efianunyui, ke menye abe alesi woƒe agbalefialawo ene o.

23Ke le afima la,amea ɖe sime gbɔgbɔvɔwo yɔfuu hanɔ woƒe ƒuƒoƒe. 24Edoɣli kple gbesesie gblɔ bena,‘’ nyakae yele mikpliwo dome Yesu Nazaret tɔ? Ɖe neva be yatrɔ mia? menya amesi nenye, woe nye Mawu ƒe kɔkɔe tɔ la.‘’ 25Ke Yesu doɣli ɖe gbɔgbɔvɔ la tagblɔ bena,‘’ Ziɖoɖoe eye nado go le eme!‘’ 26Emegbe gbɔgbɔvɔ la ƒui ɖea anyi,eye gbɔgbɔvɔ la doɣli kple gbesesie hodo le eme

27Ameawo kata ƒe mo tsi ya! Eye woebia wonoe wo be nukae nye sia? esianye nufiafia yeye kple nuse! Eɖea gbena gbɔgbɔmakɔmakɔwo gɔha,eye wo ɖoe toe.‘’ 28Enumake eƒe ŋutinya ɖi hoo le teƒe ɖesiaɖe le Galilea ŋuto ɖesiaɖe me.

29Enumake wodzo le ƒuƒoƒea me la,eya kple Yakobo kpakpla Yohanes woyiɖe Simon kple Andrea ƒe aƒe la me. 30Ke Simon ƒe lɔxo le dɔlem le anyimlɔ ƒe, enumake wogblɔ eƒe nya na Yesu. Eye Yesu va egbɔ, 31hele eƒe asi tsitsre , eye enumake wokpɔ dɔyɔyɔ eye wo subɔ wo.

32Le fieme,esi ɣeɖo to vɔ la, wokplɔ amesiwo kata le dɔlem,eye gbɔgbɔvɔ le wome la va egbɔ. 33Duametɔwo kata va ƒoƒu ɖe ʋɔtru la nu. 34Eyɔdɔ ƒomevivovowo na amewo,eye wonya gbɔgbɔvɔ geɖeo dogoe le wome. Ke meɖe asi le gbɔgbɔvɔwo nu bena waƒonu o. Elabena edzesiwo.

35Efɔkaba esime viviti gali,eye woyi afisi amea ɖeke mele o la, hele gbedom ɖa. 36Simon kple amesiwo nɔ anyi kpli la le edzim, 37Wokpɔe, eye wogblɔe ne bena amesiame le wodzim.

38Egblɔ nawo bena ‘’mina miayi teƒe bubu le duame, hena gbeƒaɖeɖe nyanyui la le afima, elabena esiata meva ɖo‘’ 39Etsa le Galilea du la me, eye woɖe gbeƒa nyanyui la le ƒuƒoƒeawo, eye wonya gbɔgbɔvɔwo dogoe

40Kpodɔ le la ɖe va egbɔ nɔ kuku ɖem ne esime wo dzeklo hegblɔ ne be,‘’ne elɔ la, ateŋu ana nyeŋuti nakɔ. 41Yesu kpɔ nublanyui ne,eye wotsɔ eƒe asi ka enu gblɔ bena,’melɔ ŋutiwo nekɔ.‘’ 42Enumake kpodɔ la vɔ nɛ,eye eyama ŋuti kɔ.

43Yesu de se ne vevie,eye wo do mɔe enumake, 44Yesu gblɔe ne bena,‘’mega gblɔe na amea ɖeke o,ke dzo yi.Tsɔ ɖokuiwo fia nunɔlawo eye nana nusiwo Mose ƒe se la bia be wana la,hena ɖasedidi nawo.‘’

Ke eya la dzo,eye wodasi gbeƒaɖeɖe me na amewo;eye ekaka nya la,alekegbegbe bena Yesu mega teaŋu vo na le eɖokui me yina ɖe dua ɖeke me o.ele ne bena woa to dua godo afisi amea ɖeke mele o la a va afisi wonɔna bena amewo natso teƒe siwo wotso la a va egbɔ.

45

Copyright information for EweULB